Matthew 2

Nunyalawo tso ɣedzeƒe

1Wodzi Yesu le Betlehem le Yudea, le Fia Herodes ŋɔli. Le ɣemaɣi la, ɣletivimenunyala aɖewo tso ɣedzeƒe lɔƒo va Yerusalem, eye wonɔ amewo biam bena, 2“Afi kae Yudatɔwo ƒe Fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe lɔƒo ke ale mieva be miasubɔe.”

3Esi Fia Herodes se nya sia la dzika tso eya kple Yerusalem dua me nɔlawo katã ƒo. 4Le esia ta Fia Herodes yɔ Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo katã ƒo ƒui eye wòbia wo be, “Ɖe nyagblɔɖilawo gblɔ afi si wole Mesia la dzi ge le la na mí da ɖia?”

5Woɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, wogblɔ be woadzi Mesia la le Betlehem.” Nyagblɔɖila Mika ŋlɔe da ɖi be, 6“O, wò Betlehem du sue la, menye Yudatɔwo ƒe du sue maxɔŋkɔ aɖe ko nènye o, ke boŋ èxɔ ŋkɔ ŋutɔ, elabena wò mee Fia si le nye dukɔ Israel dzi ɖu ge la ado tso.”

7Le esia megbe la, Herodes dɔ ame ɖo ɖe ɣletivimenunyala siawo dzaa bena woava kpɔ ye. Esi wova la ebia wo be woagblɔ ɣeyiɣi si tututu wokpɔ ɣletivi la zi gbãtɔ la na ye eye wogblɔe nɛ. Ale wòdɔ wo kple gbedeasi sia bena, 8“Miyi Betlehem ne miadi ɖevi la, eye ne mieke ɖe eŋu la, mitrɔ va gblɔe nam bena nye hã mayi aɖasubɔe!”

9Esi wowu takpekpea nu la, ɣletivimenunyalawo gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Kasia ɣletivi la gadze wo ŋgɔ heyi ɖatɔ ɖe Betlehem dua tame tututu. 10Nyateƒe, dzi dzɔ wo ŋutɔ, ŋutɔ.

11Woge ɖe aƒe si me Maria kple ɖevia nɔ me eye woyi ɖadze klo ɖe egbɔ enumake hede ta agu nɛ. Woʋu nu le woƒe nunanawo nu, eye wotsɔ sika, kotoklobo kple lifi nɛ. 12Emegbe wotrɔ dze aƒe mɔ dzi tẽe eye womegato Yerusalem yi ɖagblɔ nya aɖeke na Herodes o, elabena Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe bena woato mɔ bubu ayi aƒe.

Sisi kple Kristo yi Egipte

13Esi ɣletivimenunyalawo dzo vɔ la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Egblɔ nɛ bena, “Tso kpla ne nàsi kple ɖevia kpakple dadaa ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nàtrɔ gbɔ. Elabena Fia Herodes le nu sia nu si wòate ŋui la wɔ ge bena yeawu ɖevia.” 14Le zã ma me ke Yosef si kple ɖevia kpakple dadaa yi Egipte, 15eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Fia Herodes ku. Nu sia wu nyagblɔɖi sia nu be, “Egiptee meyɔ vinye la tsoe.”

Herodes wu ɖeviwo

16Herodes kpɔe be ɣletivimenunyalawo flu ye. Dɔme vee ale gbegbe be wòdɔ asrafowo ɖo ɖe Betlehem kple eƒe nutowo me be woaɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o. Herodes wɔ esia elabena ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ be yewokpɔ ɣletivi la anye ƒe evee nye ma. 17Herodes ƒe tamesesenu si wòwɔ la wu Yeremia ƒe nyagblɔɖi siawo nu bena, 18“Vevesese ƒe ɣli ɖi tso Rama nutowo me, avifafa kple nublanuiɣli ɖi bobobo; Rahel nɔ avi dzi hehehe le viawo ta eye naneke mate ŋu afa akɔ nɛ o, elabena viawo katã tsi yi nu.”

Yesu dzilawo trɔ gbɔ tso Egipte

19Esi Herodes ku la, mawudɔla aɖe va ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe le Egipte. Egblɔ nɛ be, 20“Tso nàkplɔ ɖevia kple dadaa trɔ yi Israel, elabena ame siwo le ɖevia ƒe agbe yome tim la ku!”

21Ale Yosef tso enumake eye wòkplɔ Yesu kple dadaa trɔ yi Israel. 22Ke esi wòse be Arkelao nɔ dzi ɖum le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la evɔ̃ na afi ma yiyi. Woɖee fiae hã le drɔ̃eƒe eya ta eyi Galilea nutome, 23ale woyi ɖanɔ Nazaret. Esia wu nyagblɔɖilawo ƒe nya sia nu be, “Woayɔe be Nazaretitɔ.”

Copyright information for EweBEE